Mark 16:14-18

Dɔdede asi na nusrɔ̃lawo

(Mateo 28:16-20; Luka 24:36-49; Yohanes 20:19-23)

14Azɔ le ɣebubuɣi la, Yesu ɖe e ɖokui fia nusrɔ̃la wuɖekɛawo le esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse ta. Evee ŋutɔ be togbɔ be amewo kpɔe agbagbe va gblɔ na wo hã la, wogbe be yewomaxɔe ase o.

15Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe bliboa me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. 16Ame siwo axɔ nyanyui la eye woade mawutsi ta na wo la, woakpɔ ɖeɖe. Ke ame siwo anye kɔlialiatɔ siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la woabu fɔ wo.

17“Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. 18Woalé dawo kple woƒe asiwo eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme lasẽ.”

Copyright information for EweBEE